1 Thessalonians 5

Ŋudzɔnɔnɔ na Aƒetɔ la ƒe vava

1Ɣekaɣie nu siawo katã ava eme? Nɔvi lɔlɔ̃awo, mehiã be magblɔ nya aɖeke tso ema ya ŋuti o, 2elabena mienya nyuie be ame aɖeke menya ɣeyiɣi la o. Aƒetɔ la ƒe azãgbe la aɖi ɖe mí abe ale si fiafitɔ vana le zã me ene. 3Esime amewo le gbɔgblɔm be, “Ŋutifafa kple dedienɔnɔ” li la, gbegblẽ ava ƒo ɖe wo dzi kpoyi abe ale si fu ɖua funɔe ene eye mate ŋu asi le enu o ene.

4Ke nɔvi lɔlɔ̃awo, miawo la nu siawo mele ɣaɣla ɖe mi o, eye wo mava ɖi ɖe mi abe fiafitɔ ene, le Aƒetɔ la ƒe azãgbe la o. 5Elabena mi katã la, kekeli kple ŋkeke la ƒe viwoe mienye eye mienye viviti kple zã tɔwo o. 6Eya ta minɔ ŋudzɔ ɖaa eye migadɔ alɔ̃ abe ame bubuwo ene o. Minɔ ŋudzɔ na eƒe vava eye mianɔ mo xexi. 7Zãmee amewo dɔa alɔ̃ eye ɣemaɣi me kee amewo mua aha. 8Ke mina mí ame siwo nye kekeliviwo la míanɔ mo xexi, eye míatsɔ xɔse kple lɔlɔ̃ ƒe akɔtakpoxɔnu ado eye míaɖɔ ɖeɖekpɔkpɔ si míele mɔ kpɔm na la abe gakuku ene.

9Mawu meɖo be yeatrɔ eƒe dɔmedzoe akɔ ɖe mía dzi o, ke boŋ be yeaɖe mí to míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo dzi. 10Kristo ku ɖe mía ta, ale be míele agbe alo míeku o, ne etrɔ va la míate ŋu anɔ agbe kplii tegbetegbe. 11Eya ta mide dzi ƒo na mia nɔewo be miatu mia nɔewo ɖo abe ale si miele wɔwɔm xoxo la ene.

Ŋku ɖodzinyawo kple gbedonamewo

12Nɔvi lɔlɔ̃awo, azɔ la míele biabiam tso mia si be miade bubu ame siwo wɔa dɔ kple vevidodo le mia dome la ŋu, ame siwo wotsɔ ɖo mia nu le Aƒetɔ la me eye woxlɔ̃a nu mi. 13Mido kɔkɔ ame siawo le lɔlɔ̃ me le woƒe dɔwɔwɔ ta. Minɔ anyi le ŋutifafa me kple mia nɔewo. 14Míele ŋusẽ dom mi, nɔvi lɔlɔ̃awo be miaxlɔ̃ nu ame siwo le kuvia wɔm, mide dzi ƒo na ame siwo le vɔvɔ̃m, mikpe ɖe ame siwo gbɔdzɔ la ŋu migbɔ dzi ɖi na ame sia ame. 15Mikpɔ egbɔ be ame aɖeke metsɔ vɔ̃ ɖo vɔ̃ teƒe o, ke boŋ midze agbagba be ɣesiaɣi la mianyo dɔme na mia nɔewo kple ame bubu ɖe sia ɖe.

16Dzi nedzɔ mi ɣesiaɣi. 17Minɔ gbedodoɖa dzi madzudzɔmadzudzɔe. 18Mida akpe le nuwo katã me elabena esiae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na mi le Kristo Yesu me. 19Migatsi Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nu o. 20Migado vlo nyagblɔɖiwo o. 21Mido nu sia nu kpɔ eye milé ɖe nu si nyo la ŋu. 22Mitsri vɔ̃ ɖe sia ɖe tɔgbi.

23Azɔ la, Mawu ŋutɔ, ame si nye ŋutifafa ƒe Mawu nakɔ mia ŋuti keŋkeŋ eye wòadzra miaƒe gbɔgbɔ, luʋɔ kple ŋutilã blibo la ɖo mokakamanɔŋui le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe vavagbe la. 24Nuteƒewɔlae nye ame si yɔ mi eya ta awɔe ade goe.

25Nɔvi lɔlɔ̃awo, mido gbe ɖa ɖe míawo hã ta. 26Mido gbe na nɔviawo katã kple nugbugbɔ kɔkɔe. 27Mele eƒom ɖe mia nu le Aƒetɔ la ŋkume be woaxlẽ agbalẽ sia na nɔviawo katã.

28Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kpli mi.

Copyright information for EweBEE